1 John 3

Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene

1Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o. 2Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye etsɔmegbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la míanɔ abe eya amea ene elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene. 3Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadze abe ale si eya hã le dzadze ene. 4Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la da sea dzi, le nyateƒe me la, nu vɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ. 5Ke ele nyanya me na mi be ɖe wòva be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ayii. Nu vɔ̃ aɖeke mele eya ŋutɔ ƒe agbe me o. 6Ne ame aɖe le agbe le eya amea me la, amea meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o. Ne ame aɖe ganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi edziedzi la, ekema ame sia mekpɔe o loo alo nyae o.

7Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame si wɔa nu nyui la enye ame dzɔdzɔe abe ale si eya hã le dzɔdzɔe ene. 8Ame si wɔa nu vɔ̃ la nye Abosam ƒe ame elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va enye be wòagblẽ abosam ƒe nuwɔwɔwo. 9Ame si wodzi le Mawu me la meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi o, elabena Mawu ƒe kutsetse le eme. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃ o elabena wodzii tso Mawu me. 10To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple abosam viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.

11Esia enye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea, bena ele be míalɔ̃ mía nɔewo. 12Miganɔ abe Kain ene o. Le esi wònye abosam ƒe ame ta la, ewu nɔvia. Nu ka ta wòwu nɔvia? Elabena, eƒe wɔnawo vɔ̃ɖi, ke nɔvia ƒe wɔnawo le dzɔdzɔe. 13Nɔvinyewo ne xexeame lé fu mi la megawɔ nuku na mi kura o. 14Míenya be míeto ku me yi agbe me elabena míelɔ̃a mía nɔewo. Ame si melɔ̃a ame o la, gale ku ƒe asime. 15Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o. 16Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la, ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo. 17Ne xexemenuwo le ame aɖe si fũu eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ eye mekpɔ nublanui nɛ o la ale ke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme? 18Vinye lɔlɔ̃awo migana míalɔ̃ mía nɔewo kple nya alo kple aɖe ɖeɖe ko o, ke boŋ kple nuwɔna eye le nyateƒe me. 19Ekema esia nye ale si míenyana be míenye nyateƒe la tɔ, kple ale si míeɖea dzi ɖi le eŋkume. 20Ɣesiaɣi si míaƒe dzitsinya bu fɔ mí elabena Mawu lolo wu míaƒe dziwo eye wònya nu sia nu. 21Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume 22eye nu sia nu si míabiae la míakpɔe elabena míewɔ eƒe sewo dzi eye míewɔ nu si adzea eŋu. 23Eƒe sedede nye esia bena míaxɔ via Yesu Kristo dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si wòde se na mí ene. 24Ame siwo wɔa ɖe eƒe sewo dzi la nɔa agbe le eme eye eya hã nɔa wo me. Eye aleae míenyana be ele agbe le mía me: Míenyae to Gbɔgbɔ si wòna mí la dzi.

Copyright information for EweBEE